John 17

Yesu do gbe ɖa ɖe eɖokui ta

1Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi hegblɔ be, “Fofo, ɣeyiɣia de azɔ. Ɖe viwò la ƒe ŋutikɔkɔe fia ne Viwò hã natsɔ ŋutikɔkɔe na wò. 2Elabena èna ŋusẽe ɖe amegbetɔwo katã dzi le xexeame eye be wòana agbe mavɔ ame sia ame si nètsɔ nɛ. 3Ale si ame awɔ akpɔ agbe mavɔ lae nye be, wòanya wò Mawu vavã la, eye wòaxɔ Yesu Kristo, ame si nèɖo ɖe xexeame hã dzi ase. 4Mewɔ dɔ ɖe sia ɖe si nède asi nam la eye to esia me la, mena wò ŋutikɔkɔe dze na anyigbadzitɔwo katã. 5Eye azɔ la, Fofo esi mele ŋkuwòme fifia la, ɖe ŋutikɔkɔe si le nye kpli wò si tso gɔmedzedzea me la fia le menye.

Yesu do gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta

6“Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siawo. Tsã la wonɔ agbe abe xexe sia me tɔwo ene, ke azɔ la, ètsɔ wo nam. Le nyateƒe me la, tɔwòwoe wonye, eye esi nètsɔ wo nam va se ɖe fifia la wolé wò nya la me ɖe asi.

7“Azɔ ko wonya be nu sia nu si nètsɔ nam la tso gbɔwò, 8elabena nya si nède asinye la metsɔe na wo eye woxɔe. Wonyae kɔtee bena metso gbɔwò, eye woxɔe se hã be wòe dɔm ɖo ɖa.

9“Nyemele kuku ɖem ɖe xexeame katã nu o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ko nu, elabena towòwoe wonye. 10Nu siwo katã nye tɔnye la tɔwòe eye nu siwo nye tɔwò hã tɔnyee eye woawo mee woɖe nye ŋutikɔkɔe fia le. 11Azɔ la, mele xexe sia me gblẽ ge ɖi, ava gbɔwò. Fofo kɔkɔe, ame siwo katã nètsɔ nam la, wò ŋutɔ kpɔ wo dzi nyuie bena woawɔ ɖeka abe ale si nye kpli wò miele ɖeka ene, mègana ɖeke nabu le wo dome o. 12Esi menɔ xexeame le afii la, mekpɔ ame siwo katã nètsɔ nam la dzi nyuie. Medzɔ wo ŋu bena ɖeka pɛ hã megatsrɔ̃ o, negbe vi sẽto la koe ayi dzo mavɔ me abe ale si mawunya gblɔe da ɖi ene.

13“Ke azɔ la megbɔna gbɔwò eye mele nya siawo gblɔm esi mele wo gbɔ be nye dzidzɔ nanɔ wo me. 14Hekpe ɖe esia ŋu la, megblɔ wò sededewo na wo, eye woxɔ wo, ke xexeametɔwo lé fu wo elabena womewɔa nu abe xexeametɔwo ene o. Nenema ke nye hã nye agbenɔnɔ mesɔ kple xexeametɔwo ƒe agbenɔnɔ o. 15Fofo, menye ɖe mele biabiam be nàɖe wo le xexeame o, ke boŋ nàde wo wò aʋala te bena Satana nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. 16Menye xexe sia me tɔwo wonye o, abe ale si nye hã nyemenye xexe sia me tɔ o ene. 17Eya ta na woazu kɔkɔe eye woanye ame dzadzɛwo, to wò nya la me, elabena wò nya lae nye nyateƒe. 18Abe ale si nèdɔm ɖe xexeame ene la, nye hã mele wo dɔm ɖe xexeame. 19Mewɔ ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.”

Yesu do gbe ɖa ɖe xɔsetɔwo katã ta

20“Nyemele gbe dom ɖa ɖe woawo ɖeɖe ko ta o. Ke mele gbe dom ɖa ɖe ame siwo hã ava xɔ dzinye ase to woƒe gbedeasi me, 21be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye eye nye hã mele mewò ene. Woawo hã nenɔ mía me be xexeame naxɔe ase be wòe dɔm ɖa. 22Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo; wo ameawo nenɔ ɖeka le nu sia nu me be xexeame nanyae be wòe dɔm ɖa eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. 23Ne mele wo me eye wò hã nèle menye la, mi katã miade blibo le ɖekanyenye me, ale be xexeame anyae bena wòe dɔm ɖa, eye nèlɔ̃ woawo hã abe ale si nèlɔ̃m ene. 24Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. Wòe na ŋutikɔkɔe siam elabena èlɔ̃m vevie hafi xexeame va dzɔ gɔ hã.

25“O, Fofo dzɔdzɔetɔ, xexe sia me tɔwo menya wò o, gake nye la menya wò, eye nusrɔ̃la siawo hã nya be wòe ɖom ɖa. 26Meɖe ame si wò Fofo la nènye la fia wo, eye manɔ esia dzi bena lɔlɔ̃ gã si nètsɔ nam la nanɔ woawo hã me, eye nye hã maxɔ nɔƒe ɖe woƒe dziwo me.”

Copyright information for EweBEE